Nuwo dometɔ ɖeka si mesrɔ tso trɔtrɔva agbe me, eya nye Gorge Lennox, amesi wo dzesi be enye sɔwo fi la gã aɖe tsã le du aɖe si wonye be Jefferson la me. Wodee gaxɔ me zi evelia Sedwisk du sue la, dee gaxɔ me zi gbãtɔ le nusia tɔgbe ta.
Sɔwo Fifi
Enye dɔwɔla le aka kuƒe le ƒe 1887 kple 1888 le vuvɔ ŋɔli me fisi wò nɔ dɔ wɔm le la enye teƒe dziŋɔ aɖe alo afɔku teƒe nɛena amesi le eŋu dzɔm la nya eye eya yi ɖzro teƒea kpɔ eye wo gblɔnɛ bena vɔvɔ aɖeke mele afisia o eyata ne gbugbɔ yi eƒe dɔ la di; Gamenɔla la trɔ yi gake meyi eƒe dɔ wɔwɔ dzi abe gaƒoƒo ɖeka ene o le esime xɔ ƒe gbagba la tɔ zi eye wò mu tsyɔ edzi keŋkeŋ. Enɔ nusia te gaƒoƒo eve soŋ.
Me nɔ ɣeyiyi si me woaɖu nu la teƒe o ; Afima wodze gamenɔla la dzidzigɔme tso. Wova kpɔe le nusiwo mu tsyɔ ededzi la te. Ewɔbe agbe megale eme ene o. Wodze agbagba be yewoa fɔe, ke esi dɔkita si kpoa gamenɔla wo dzi doe kpɔla egblɔ nawo be eku. Tete wokɔ ŋutilã kukua yi ɖe amekuku dzraɖoƒe hena tsilele kple awu dodo nɛ, emegbe woadzrae ɖo hena eɖiɖi. Wotsɔ ame kuku ɖaka la yiɖe dɔyɔƒe la. Osɔfo va be yeawɔ nublanui gbedoɖa mamlɛ hafi woaɖii. Dɔyɔla aɖe de gbe asi na gamenɔla eve be woakɔ ŋutilã kukua ato xɔla me ayi ɖa ɖo ame kuku ɖaka la me wowɔ ɖe gbededeasi la dzi, ame ɖeka kɔ eƒe ta gbɔ eye ame eve lia kɔ eƒe afɔ gbɔ eye esia woɖo xɔa ƒe titina la amesi kɔ eƒe ta gbɔ la ƒe afɔ kli nusi me woɖea ta do tete amekuku la gele si. Nusi wɔ nuku na amewo la enye be esi amekuku la ƒe ta ƒo anyigbã, wose eme ƒe ŋeŋe aɖe, tete eƒe ŋkuwo ʋu. Agbe ƒe nɔnɔme aɖewo dze le eŋu. Enumake woyɔ dɔkita. Esi wòvale gaƒoƒo aƒã megbe la, Amesi ŋu wo gblɔ ɖo be eku la noa tsi si wòbia la nom le kɔpo me. Enumake woɖe eƒe aɖaka ɖa hena gamenɔla bubu ɖiɖi woɖɔli amekuku wu si wodonɛ la wo kpɔ be eƒe ata ɖeka ye ŋe ɖe teƒe eve. Si na be wònɔ dɔyɔƒe ɣleti ade sɔŋ hafi gayi eƒe dɔwɔwɔ dzi.
Eteƒe me didi hafi akakula la ɖodze nam tso eƒe nuteƒe kpɔkpɔ ŋuti le esi wònɔ eku ƒe ɖime Nudoo kpɔkpɔ tutu woe be nye hã mete ɖe lenox ŋu ne mase eƒe nuteƒe kpɔkpɔ tso eƒe nuɣiwo dzi. Nusia mete ŋu kpɔ emevava le ɣletia ɖewo megbe o. Tete gbeɖeka eva eme be mayi awɔ dɔ le gakpɔa ɖe xɔ aɖe sime wonana ƒea me ƒe akontawo le. Gbedeka mie ganɔ dze ɖom tso ŋutsu si trɔ tso tsieƒe va agbe sia me ŋuti. Tete eyea to ne dɔwɔƒe ƒe xɔmɔnu va yina eye amea ɖe tsɔe fiam. Metsɔnya aɖe de esime be wòatrɔ ava kpɔm . Etrɔ va eye mese ŋutinya wɔ nuku sia tso eya ŋutɔ ƒe nu me. Enye ɖekakpui aɖe si xɔ ƒe abe blaetɔ ene. Enye adzodala si dzi trina ; enye agbalɛ̃ nyala kple nu nyala de ŋgɔ. Efe ŋutinya wɔ nuku sia nɔ eƒe ku ƒe ɣeyiyiwo me. Esi menye amesi le anya le nɔnɔ me tata me la. Esi wònɔ egblɔm la menɔ eŋlɔm enumake.
Egblɔ be: « le ŋdi kpadzi nye dzitsinya nɔ nu ƒom bena nudziŋɔ aɖe gbɔna dzɔdzɔ ge. Metɔtɔ le ɖokui nye me eya ŋuti meyi be makpɔ nye aƒetɔ si nye aka kuƒea dzikpɔla la. Aƒetɔ Grason, eye megblɔ alesi nye dzitsinya ƒonu nam eye mebiɛ be mãva kpɔ afisi mele dɔa wɔm le mahâ? Eva eye wòkpɔ teƒea nyuie, eye woglɔ nam be mayi nye dɔ la dzi, elabena dzɔgbevɔe ɖeke mele afisia o, eye wobu be tagbɔ nɔ gbegblem nam. Mega trɔ yi nye akakuku la dzi. Meda dziga abe gaƒoƒo ɖeka ene tete nusianu zu yibɔ le ŋukunye me. Emegbe ewɔ nam be ga ʋɔtru gãa ɖe ʋu eye meto eme. Eye nye susu gblɔ nam be meku eye mele xexe bubu me. Nye mate ŋu kpɔ ame ɖeke eye nye mesegbea ɖeke ƒe ɖiɖi o le nye ŋutɔ ƒe nu manyamanya ta. Medze hehe yi ɖe ŋgɔ gbe tso ʋɔtrua gbɔ eye mezɔ azɔli didia ɖe si kplɔm va ɖo tɔsisi gãaɖe to. Zã medo eye xexeame hã mekɔ o. Keklẽ la le abe alesi ɣletivi wo nɔ keklem le zãnŋui la me ene. Nye menɔ tɔ la to teƒe didi hafi mese tɔ dzi ʋu ƒe kuku le tsia dzi, eye la madidi me amea ɖe ku ʋua va gbɔ nye.
«Nye nu ku. Ekpɔm ɣeyiyi kpui aɖe eye emegbe wò gblɔ nam be ye va be yeakplɔm. Ena megeɖe tɔdziʋua me eye wòakui yi ɖe go kemɛ. Mewɔ ɖe bia bia dzi . Nye megblɔ nya aɖeke o. Edzrom be mabiae be ameka wònye eye afika mele. Nye aɖe tre ɖe nu me nam. Nye mate ŋu agblɔ nya aɖeke o. Mlɔba la mieɖo tɔa ƒe go kemɛ. Medo go le tɔdziʋu la me eye ʋua kula la bu enumake. »
«Nye menya nusi mawɔ esi nyeɖeka metsi anyi. Esi menɔ nye ŋgɔ tɛ kpɔm la, mekpɔ mɔ eve siwo ɖotaa aga do blukɔ aɖe me. Ɖeka keke ŋutɔ si wɔbe amewo zɔa eszi sɔgbɔ, evilia si mekeke o alo xaxa la ɖo ta akpɑ bubu. Nye susu gblɔ nam be mazɔ esi dzi amewo zɔna sɔgbɔ la. Nye mezɔ teƒe didi hafi zã de le asi dodo me le nye mɔzɔzɔ me la mekpɔ dzo keklẽ aɖe si nɔ ye klɔm »
Eteƒe medidi o, me kpɔ nu gbagbe aɖe si ƒe nɔnɔme nye mate ŋu ƒonu le o. Nusi mate ŋu agblɔ kpui ko enye be eɖi amagbetɔ tɔ. Eƒe kɔkɔme le meta etɔ. Aʋala gãwo nɔ esi le dzime. Ele yibɔ abe aka si meku vayi eye awu mele eŋu o, akplɔ si ƒe leƒe didi abe meta ene kple afã le esi me . Eƒe leƒe le dzo dam abe dzo ƒe aɖewo le ɣiie abe dzo nu ene si ƒe didi me le centimeta eve kple afã. Eƒe ŋuti ne woate yɔ nenema la lolo keke eye woke gbadzaa. Eƒe ɖa didi hewɔ pesepese ɖe ta nɛ eye wòkɔ ɖe eƒe abɔtawo dzi. Eƒe gbe le abe dzâta aɖe si le gbe tem le eƒe gakpɔme ene. » «Mekpɔ zi gbâtɔ le dzo ɖe ƒe keklẽ aɖe me. Menɔ ʋuʋum abe akpa le eŋgɔ. Ekɔ eƒe akplɔ la ɖe dzi abe woadae to menye ene. Tete metɔ kplɔ gbe dziŋu aɖe si wò abe mesee kpɔ ene la. E gblɔ nam bena kplɔm ɖo, eleabena wodɔe be wòava kplɔm le nye mɔzɔzɔme. Mekplɔe ɖo. Nuka magate ŋu awɔ. Esi mieva ke ɖe to gã kɔkɔa ɖe ŋu. Toa ƒe akpa si dze ŋgɔ mi la wò abe wo mae ɖe akpa eve me , eye woɖe ɖeka dzo. Le glia ŋu la , mate ŋu akpɔ nya siawo: “ esia enye dzomavɔʋe ”» « kplɔ nye te ɖe gli sia ŋu eye kple eƒe akplɔ ƒe leƒe la eƒo ʋɔtrua la zi etɔ. Ʋɔtru gã gbadza aɖe ʋu eye miege ɖe eme. Emegbe wòkplɔm yi teƒea ɖe si le abe to sia me tom miele ene». «Ɣeyiyi aɖewo me miezɔ le blukɔ tsiɖitsiɖi me. Menɔ ame ƒe afɔ ɖeɖewo sem si wɔ be me kplɔe ɖo. Le mɔzɔzɔ ma la mese ŋeŋe si ɖi amea ɖe sile kukum tɔ. Le didiƒe ŋeŋe sia nɔ edzi yim; eye mese ɣlidodo si mekɔ nyuie la be « etsi etsi etsi ». Fifia tete ɖe ʋɔtrua ɖe nu kple eme toto woe be megase ame million wo ƒe gbe kple ʋlidodo be “ etsi etsi etsi” Mlɔeba la ʋɔtrua gãa ɖe ʋu eye mekpɔ be mieto to la ŋu yi eye fifia anyigba sɔsɔ gbadzaa ɖe keke le ŋgɔ nye. » « Le teƒe sia nye kplɔla dzo le gbɔnye hena luʋɔ bubu wo siwo bu la kplɔ kplɔ vɛ mɔ sia ke dzi. Meno anyigba sɔsɔe gbadza sia dzi na ɣeyiyia ɖewo, le esime nye nɔnɔ me tɔgbɛa ɖe teɖe ŋu nye, le akplɔ teƒe la ele adekpui gãa didia ɖe ɖe asi. Eva gblɔ nye afiatsotso nam. Eƒo nu kple gbe sesê si ʋuʋu nye luʋɔ. »
“ egblɔ be mile dzomavɔʋe me mɔkpɔkpɔ bu ɖe mi. Esi mienɔ toa me tom la miese amewo ƒe ŋeŋe, kple luʋɔ bubuwo ƒe ʋlidodo sesẽwo si wonɔ tsi biam na woƒe aɖe siwo ƒu kpla kplakpla. Le mɔsia toto me , ʋɔ trua ɖe ʋu ɖe dzo tagba la dzi. Mlɔeba la anye miaƒe ŋugbegbe tso Yesu ƒe vɔsa la gbɔe. Hafi woa kplɔ mi ayi afisi aɖukli ɖuɖu kple huɖeɖe le , eye dodo le me magali o elabena mɔkpɔkpɔa ɖeke megali na ame siwo yi ɖe eme o. Woaɖe mɔ na mi be mia nɔ anyigba sɔsɔe gbadza sia dzi, hafi yina ɖe fukpekpe me. ” Tete nye ɖeka metsi anyi. Nye menya ne esia enye ŋuɖoɖo na vɔvɔ gãa si me meto vayi lae o. Gake fifia la nye nu ku. Vɔvɔa ɖe dze dzinye. Tete me gbɔdzɔ eye ŋusẽa ɖeke mega le ŋuyne o. Nye atawo mega teŋu le nye ŋutilã katã ɖe te o. O, tete la medze anyi abe nu kpekpea ɖe ene. Ke fifia la me gbɔdzɔ keŋkeŋ, mele ku kple agbe dome. Ele abe mele drɔe kum ene. Didia, ɖe ƒe le ta nye dzi, la me nɔ du kɔkɔe dze ania ɖe si nu woƒo nu le Biblia me la kpɔm. Eƒe gli siwo tsɔ adzagba tu la nyakpɔ ŋutɔ.Mekpɔ le didiƒe ɖaa anyigba sɔsɔe gbadza si dzi yɔ fu kple seƒoƒo nyuiwo. Megakpɔ agbe ƒe tɔsisi kple ahu hɔe ƒe atsiaƒu. Mawudɔla akpeakpewo nɔ yiyim eye nɔ vavam to dua ƒe ʋɔtruuawo me kple havivi dzidzi. Le ameha sia dome mekpɔ nɔnye si ku ƒea ɖewo do ŋgɔ nam, amesi dzi gbã to nye akpa nyenye alo ŋlɔmi wɔwɔ me. Ekpɔm eye woyɔm, gake nye maten ŋu aʋâ nye afɔwo o, agba kpekpea ɖe lem te ɖe anyi. Fifia mese seƒoƒo nyuiwo ƒe ʋeʋẽ le esime aya nɔ ƒoƒom va gbɔ nye, eye mese mawudɔlawo ƒe ha vivi nyuiewo eye megblɔ na ɖokui nye be ɖe ma teŋu anye mawudɔla siawo dometɔ ɖeka! ”
«Ɣeyiyi sime menɔ dzɔgbenyuie sia ƒe vivi sese nom la, enumake woɖii dzo le nye nuyiwo dzi. Menyɔ tso nye alɔdɔdɔme. Nye dukɔ dodo me xɔnyea ɖe kplɔm gbɔva tso nye drɔekuku dua me si nɔ gbɔgblɔm nam be mayi ɖe nye dɔwɔƒe si gbɔna la me. E zi dzinye be makplɔe ɖo. Esi metrɔ megbe ɖe nye afɔwo dzi, megageɖe mɔ do blukɔ tsiɖitsiɖi la me, le ɣeyiyia ɖewo me menɔ nye kpɔla kpɔm ɖo. Miega zɔ ʋu keke va ɖe ʋɔtrua ɖe si gaʋu le mɔ ƒe axa dzi eye kasia mekpɔ dzota la mia woe nye si le ʋɔtru bubu aɖe gbɔ eye kasia mekpɔ dzota la. »
«Seɖe nye ŋkuwo ƒe nukpɔ ƒe la, mekpɔ le ŋgɔ tɛ̃ nye , dzota kple dzokpe si le bibim la. Dzotsotsoewo nɔ mimlim le wonɔewo dzi eye wonɔ wonɔewo dzi eye wonɔ wonɔewo mlim ene. Le ayame mate ŋu akpɔ amegbetɔ siwo tsia tsitre gake enumake woga ɖiɖi ɖe dzota goglo la me. Esi menɔ dzotsotsoe dzi ŋɔ siawo tame hena ɣeyiyi kpuie aɖe la, woƒe fiƒode gbɔgblɔ ɖe Mawu kɔkɔe dzɔdzɔe la ŋu la menya se kura, eye woƒe nublanui ɣlidodo de tsi he fuwuame va luʋɔ dzi. Dzota gadzaa sia nɔ ɖiɖim klple luʋɔ bubu siawo ƒe ŋeŋe»
«Fifia la metrɔ nye ŋkuwo ɖe ʋɔtru sime meto vayi la gbɔ, eye mexlê nyati dziŋɔ siawo! ”Esia enye wò dzɔgbese” eye‘’ nuwuƒe meli nɛ̃ gbeɖe o ” le gaƒoƒo aɖe megbe la mekpɔ be anyigba nɔ ɖiɖim le nye afɔwo te eye madidi o me la mekpɔ ɖokuinye le dzotave la me tsikɔ manyagblɔ aɖe nɔ nye wum eye menɔ tsi biam, nye ŋkuwo ʋu le dɔyɔƒe gaxɔ me » «nye megblɔ nye vɔvɔ nuteƒe kpɔkpɔ la na gaxɔ me dzikpola la be woase o, eye wobum abe amesi ta gbɔ le gbegblem na eye woalem atu ɖe aɖaʋatɔwo nɔƒe. Meto esia me he dzesi bena mele agbe eye nyae bena dziƒoa ɖe li eye dzomaɔʋe hâ aɖe li. Gbaɖegbe dzomavɔʋe si ʋu Biblia ƒo nu le na mi gake nu ɖeka si me nya la enye be nye magatrɔ ayi afisia gbeɖe o. » Tete esi nye ŋkuwo ʋu la menyae bena mele koŋ dzi; medze si bena megale agbe le anyigba dzi, enumake metsɔ nye dzi na Nawu eye manɔ agbe eye maku abe kristotɔ ene. Nye mate ŋu aɖe dzomavɔʋe dziŋɔ sia ɖa le nye susu me, alo nu nyuie siwo mekpɔ le dziƒo la o. Gbeɖeka mayi ɖe nɔ nye bubutɔ gbɔ, Mate ŋu anɔ anyi ɖe tɔsisi dzeani sia to, nye kple mawudɔla wo miaɖi tsa ato anyigbã sɔsɔe gbadzawo, baliwo kple togbɛ siwo dzi fu kple seƒoƒo ʋeʋẽ siwo ƒe ani dze.
Eye ma nɔ ame kɔkɔe a woƒe hadzidzi sem, esia wo anye teƒeɖoɖo tsitoo na kristotɔ ƒe agbenɔnɔ le anyigbadzi, ne anye nam be ma gbenu le ŋutilã ƒe dzro vɔ̃ wo le matre ƒe agbe vɔ̃ si me tsɔ ɖokui nye de asi na gɔ̃ ha hafi ma yi gaxɔme. Me teɖa xaa tso hadede kple nye xɔlɔ̃ vɔ̃ɖia wo gbɔ le gaxɔ la me, eye ame nyui wo sɔŋ ko ma de ha kple ne mɔnukpɔkpɔ va su asi nye be me ga zu ablɔɖe vi.»
Mie le amania bɔm na nuhlɛ̃la wo abe alesi mie se tso Lennox gbɔ ene. Mi de dzesi be ame gbetɔ ƒome aɖeke ƒe susu ma teŋu a ŋlɔnu tso ale dziƒo nɔ loo, alo dzomavɔ nɔ fɛfɛfɛ o. Ekema, Aƒetɔ Lennox ƒe ŋutinya sia nye dziƒo alo dzomavɔ ƒe didiƒe boo ƒe nukpɔkpɔ, si me de blibo o. Mawu ne yra Aƒetɔ Lennox ƒe ŋutinya la hena luʋɔ siwo bu ƒe nyɔnyɔ̃.
Oo! Aleke ame wo anɔ ɖikem be ɖe dzemavɔ li nyateƒe tɔe mahã? Biblia si nye Mawu ƒe nya la le miasi, eye nyaɖeɖefia wo abe Aƒetɔ Lennox tɔ ene fia nu nyateƒe tɔe kuɖe dzomavɔ ŋuti. Ŋutsu kple nyɔnu, mi tɔ! Mi kpɔ ɖa! Woŋlɔ mia ƒe agbe ɖi. Mawu di be yea ɖe mi; Wò a tsɔmiaƒe nuvɔ̃ wo ake mi ne mia nyae be vɔ̃ wɔla mi nye. Mɔ ɖeka si me mia to akpɔ ɖeɖe enye be woa klɔ mia ƒe vodada, ne mi lɔ be Yesu Kristo ƒe ʋu la enye vɔsa na nuvɔ̃. Ne mi lɔ̃ ɖe Mawu ƒe tsɔtsɔke dzi la, eyama (eya-amea) a na mi ŋutifafa, kple dzudzɔ le mia ƒe dzi me. Mia vo, axa vo le dzi me le xexe sia me , eye gawu la, mia vo anɔ agbe le dziƒo, esia ma nɔ eme o la ma nye gaƒoƒo blaene vɔ enyi ko oo, ke tso mavɔ yiɖe mavɔ me le dzomavɔ me.
Kesinɔtɔ kple Lazaro « Luka:16, 19-31
Eye ŋutsu kesinɔtɔa ɖe li, si doa awu dzi kple aklalabiɖebiɖi wu, eye wòdua agbe gbesiagbe le dzidzɔ me; ke ame dahea ɖe, si nkɔ nye Lazaro la, mlɔ eƒe agbo nu, eye abiwo yɔ eŋuti fũ; eye wòle didim be, yeaɖu nusiwo le dudum le kesinɔtɔ la ƒe kplɔ̃ dzi la aɖi ƒo; ke avũwo hã va, eye woɖuɖɔ eƒe abiwo mo nɛ. Eye wòva ve me bena, ame dahe la ku, eye mawudɔlawo tsɔe yi ɖadaɖe Abraham akɔnu; eye kesinɔtɔ la hã ku, eye woɖi. Eye le tsiẽƒe, esi wòle fukpekpe me la ewu eƒe mo dzi eye wòkpɔ Abraham ɖa vi, eye Lazaro le eƒe akɔnu. Eye wòdoɣli gblɔ bena: Fofo Abraham, ve nunye, eye na dɔ Lazaro ɖa bena wòatsɔ efe asibiɖenu atɔ tsi me, bena wòfa akɔ nam, elabena mele fu kpem le dzo ƒe aɖe sia me. Ke Abraham gblɔ bena: Vinye, ɖo ŋku dzi bena. Èxɔ wò nu nyuiwo vɔ le wò agbenɔɣime, eye nenema ke Lazaro xɔ vɔ̃awo; Ke azɔ la wole akɔ fa nɛ le afii, eye wò la èle fu kpem. Eye kpe ɖe nusiawo katã ŋuti la ʋe gãa ɖe le mia kple miawo dome, ale bena ne amewo le didim be woatso afii ayi mia gbɔ la, wo mate ŋu o, eye afimatɔwo hã mate ŋu ava mia gbɔ o. Eye wò gblɔ nɛ bena: Ekema me ɖe kuku na wò. Fofo bena, na dɔe ɖe fofonye ƒe me; elabena nɔvi atɔ̃ le asinye; bena wòaɖi ɖase na wo, bena woawo hã nagava fukpeƒe sia o. Ke Abraham gblɔ bena: Mose kple nyagblɔɖilawo le wo si: woaɖo to woamawo! Eye wògblɔ bena: Gbeɖe, fofo Abraham; Ke boŋ ne ameaɖe tso ame kukuwo dome yi wo gbɔ la, woatrɔ le woƒe dziwo me. Ke ègblɔ nɛ bena: Ne wome ɖo to Mose kple nyagblɔɖilawo o la, ne amea ɖe tsi tre tso amekukuwo dome hã, mele ŋu te ge aƒoe ɖe wo nu o.