Search by FlexSearch
The page you are looking for doesn't exist or has been moved.
Xɔlɔ̃a de le asinye. Enye xɔlɔ̃ nyuietɔ wu xɔlɔ̃ ɖesiaɖe si me do. Enyo dɔme ale gbegbe eye wò nye nuteƒe wɔla si me di be wò hã na dzesii. Ga wu la, nu si ga nyo ŋutɔ eyae nye be yea dze xɔlɔ̃ kpakpli wò. Me di be maƒonu na wò tso eyama ŋuti. Wo ateŋu axle eƒe ŋutinya le Biblia la me. Biblia la nye nyateƒe. Mawu nya wò nye. Mawue nye ame si wɔ xexea kple eme nuwo katã. Eyae nye dziƒo kple anyigba la ƒe aƒetɔ. Mawu mae nana agbe kple agbe gbɔgbɔ nuwo katã.
Le gɔme dzedzea me naneke menɔ xexe sia me o. Tɔmelãa ɖeke menɔ anyi o. Ɣletivia ɖeke menɔ dziŋgɔlia me o. Atsiaƒua ɖeke kple seƒoƒoa ɖeke menɔ anyi o. Anyigba katã nɔƒuƒlu eye viviti do ɖe edzi. Gake Mawu nɔ anyi. Ɖoɖo nyuia ɖe nɔ Mawu si. Edi be yeawɔ xexe nyuia ɖe; ena wòva eme le esime wònɔa eŋu bum. Mawu tsɔ nusiwo menɔ anyi o la wɔ xexea eye le ewɔwɔ me la, Mawu gblɔ ko bena : “Esia neva emeʼʼ eye wòvaa eme nenema.
Luʋɔ lɔlɔ̃tɔ, Mawu kɔkɔetɔa ɖe kpɔ wò nuvɔ̃vodalae eye wòtso kufia na wò, ɖee nenya esia? Ne nuvɔ̃vodalaa ɖe àte ŋu asi le ku mavɔ sia gbɔ ahakpɔ ɖeɖe tegbee (mavɔ) la, Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ hiã eyama. Le go sia mea, nublanuikpɔkpɔ nye nu si, susɔ Mawu natsɔ na mi.